1
Mose II 8:18-19
EƲEGBE BIBLIA
Muawo nye tsyɔ amegbetɔ kple lãwo dzi. Woƒe dzotɔwo hã to vivimemɔwo dzi be yewoawɔ muwo gake womete ŋui o. Wogblɔ na fia la be: “Esia ya la, Mawu ƒe nuwɔwɔ ye.” Ke Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ko eye abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene la, egbe toɖoɖo.
Compare
Explore Mose II 8:18-19
2
Mose II 8:1
Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Egipte Fiagã la gbɔ nàɖagblɔ nɛ be Aƒetɔ be: ‘Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woayi aɖasubɔm.
Explore Mose II 8:1
3
Mose II 8:15
Gake esi Egipte Fiagã la kpɔ be yekpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me la, egasẽ dzime eye abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene la, egbe toɖoɖo Mose kple Aron.
Explore Mose II 8:15
4
Mose II 8:2
Ne ègbe la, mana akpɔkplɔ nadzi ɖe anyigba la katã dzi abe dɔléle ene.
Explore Mose II 8:2
5
Mose II 8:16
Aƒetɔ gagblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti ƒo ke me le anyigba ne wòatrɔ zu muwo le Egipte-nyigba la katã dzi.’ ”
Explore Mose II 8:16
6
Mose II 8:24
Aƒetɔ wɔ esia. Togbatowo ƒe ha gãwo va kɔ ɖi. Wogba ɖe Egipte Fiagã la ƒe fiasã me, eŋumewo ƒe aƒewo me, woƒe xɔwo me kple Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye togbatowo gblẽ anyigba la dzi.
Explore Mose II 8:24
Home
Bible
Plans
Videos