1
Mose II 24:17-18
EƲEGBE BIBLIA
Azɔ la Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe le abe dzo binu ene le toa tame nɔ dzedzem Israelviwo kpɔ. Mose ge ɖe alilikpo la me eye wòyi toa dzi. Mose nɔ toa dzi ŋkeke bla ene, zã bla ene.
Compare
Explore Mose II 24:17-18
2
Mose II 24:16
Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe va nɔ Sinai-to la dzi eye alilikpoa tsyɔe ŋkeke ade. Le ŋkeke adrẽa gbe la, eyɔ Mose tso alilikpoa me.
Explore Mose II 24:16
3
Mose II 24:12
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Va gbɔnye le toa dzi; lala le afi ma. Matsɔ kpe gbadzɛ siwo dzi meŋlɔ seawo ɖo be nàɖafia Israelviwo la na wò.”
Explore Mose II 24:12
Home
Bible
Plans
Videos