Eye mawudɔla etɔ̃lia ku kpẽ la, eye ɣletivi gãa ɖe, si le bibim abe kakati ene la, ge tso dziƒo, eye wòdze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsi dzidziwo dzi. Eye ɣletivi ma ƒe ŋkɔe nye Apsinto (enye gbe, si vena abe atsa ene), eye tɔwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve, eye amewo dome geɖeawo ku le tsiawo ta, le esi wole vevem akpa la ŋuti.