1
Nyaɖeɖefia 5:9
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu
Compare
Explore Nyaɖeɖefia 5:9
2
Nyaɖeɖefia 5:12
wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!
Explore Nyaɖeɖefia 5:12
3
Nyaɖeɖefia 5:10
eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi.
Explore Nyaɖeɖefia 5:10
4
Nyaɖeɖefia 5:13
Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!
Explore Nyaɖeɖefia 5:13
5
Nyaɖeɖefia 5:5
Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa.
Explore Nyaɖeɖefia 5:5
Home
Bible
Plans
Videos