1
Nyaɖeɖefia 2:4
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi.
Compare
Explore Nyaɖeɖefia 2:4
2
Nyaɖeɖefia 2:5
Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.
Explore Nyaɖeɖefia 2:5
3
Nyaɖeɖefia 2:10
Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!
Explore Nyaɖeɖefia 2:10
4
Nyaɖeɖefia 2:7
Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.
Explore Nyaɖeɖefia 2:7
5
Nyaɖeɖefia 2:2
Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèɖo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye
Explore Nyaɖeɖefia 2:2
6
Nyaɖeɖefia 2:3
eye nèɖo dzi, eye nèdze agbagba le nye ŋkɔa ŋuti, eye ɖeɖi metea ŋuwò o.
Explore Nyaɖeɖefia 2:3
7
Nyaɖeɖefia 2:17
Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.
Explore Nyaɖeɖefia 2:17
Home
Bible
Plans
Videos