1
Yakobo 4:7
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.
Compare
Explore Yakobo 4:7
2
Yakobo 4:8
Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!
Explore Yakobo 4:8
3
Yakobo 4:10
Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.
Explore Yakobo 4:10
4
Yakobo 4:6
Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“
Explore Yakobo 4:6
5
Yakobo 4:17
Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.
Explore Yakobo 4:17
6
Yakobo 4:3
Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.
Explore Yakobo 4:3
7
Yakobo 4:4
Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.
Explore Yakobo 4:4
8
Yakobo 4:14
Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.
Explore Yakobo 4:14
Home
Bible
Plans
Videos