Eye Gbagba la gblɔ na Filipo bena: Te ɖe ŋu, eye natsɔ ɖokuiwò akpe ɖe tasiaɖam sia ŋu. Eye esi Filipo ƒu du yi egbɔ la, ese bena, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm, eye wògblɔ nɛ bena: Ele nya, si xlẽm nèle la gɔme sema? Ke eya gblɔ bena: Aleke mate ŋui, ne amea ɖeke mefiam oa? Eye wòɖe kuku na Filipo bena, neɖo tasiaɖam la, eye wòbɔbɔ nɔ egbɔ.