Eye esi wònɔ wo dome mewu ŋkeke enyi alo ewo o la, edzo yi Kaisarea, eye esi ŋu ke la, ebɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, eye wòde se bena, woakplɔ Paulo vɛ. Eye esi wòva la, Yudatɔ, siwo tso Yerusalem va la, le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paulo ŋuti, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋua ɖeke le o