1
Timoteo II 1:7
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.
Compare
Explore Timoteo II 1:7
2
Timoteo II 1:9
amesi ɖe mí, eye wotsɔ yɔyɔ kɔkɔe yɔ mí; menye le míaƒe dɔwɔwɔwo nu o, ke boŋ le ye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoɖi kple amenuveve la nu, si wòtsɔ na mi le Kristo Yesu me, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme.
Explore Timoteo II 1:9
3
Timoteo II 1:6
Eyata mele ŋku dom edzi na wò be, nade dzo Mawu ƒe amenuvevenunana, si le mewo to nye asiɖoɖo dziwò la me.
Explore Timoteo II 1:6
4
Timoteo II 1:8
Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu
Explore Timoteo II 1:8
5
Timoteo II 1:12
nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.
Explore Timoteo II 1:12
Home
Bible
Plans
Videos