የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 6:1-4

Mose I 6:1-4 EB14

Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wole vinyɔnuwo dzim la, amegbetɔ vinyɔnuawo nyakpɔ na Mawu viŋutsuwo ŋutɔ, eya ta wova ɖe wo dometɔ siwo dze wo ŋu la. Tete Aƒetɔ gblɔ be: “Esi amegbetɔ nye ŋutilã kple vodala ta la, nyemagana nye gbɔgbɔ nanɔ eme ɖaa o. Mana wòanɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla eve ko.” Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, ame dzɔtsu kakowo nɔ anyigba dzi. Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔ vinyɔnuwo, eye wodzi viwo na wo. Woawoe nye aʋawɔla xɔŋkɔ siwo nɔ anyi le blema la.